Opened
By The Kingdom Tribe (TKT).
Built by Paruto.
v1.41.1
Skip to content
Opened
Today
Ask
Read
Journey
More
Gen
Genesis
24
EWE
BSB
A
a
Genesis 24
24
Genesis
Abraham
Éwé Bible
Abraham
, person
Rebekah
, person
Isaac
, person
Nahor
, person
Bethuel
, person
Milcah
, person
Sarah
, person
Laban
, person
3 more
Éwé Bible
Berean Standard Bible
1
EWE
Abraham tsi ŋutɔ azɔ, eye Yehowa yrae le mɔ sia mɔ nu.
BSB
BSB:
By now Abraham was old and well along in years, and the LORD had blessed him in every way.
2
EWE
Gbe ɖeka la, Abraham gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla, ame si nye eƒe subɔla tsitsitɔ be,
BSB
BSB:
So Abraham instructed the chief servant of his household, who managed all he owned, “Place your hand under my thigh,
3
EWE
“Tsɔ wò asiwo de nye ata te, eye nàka atam nam le Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu ŋkume be màna vinye naɖe Kanaan nyɔnuvi siawo dometɔ aɖeke o,
BSB
BSB:
and I will have you swear by the LORD, the God of heaven and the God of earth, that you will not take a wife for my son from the daughters of the Canaanites among whom I am dwelling,
4
EWE
ke boŋ àyi nye denyigba dzi kple ƒonyemetɔwo dome, eye nàɖe srɔ̃ nɛ le afi ma.”
BSB
BSB:
but will go to my country and my kindred to take a wife for my son Isaac.”
5
EWE
Aƒedzikpɔla la biae be, “Ke ne nyemate ŋu kpɔ ɖetugbi aɖeke si alɔ̃ be yeava teƒe didi sia o ɖe, ekema ɖe makplɔ Isak ayi afi ma boŋ, ale be wòanɔ ƒowòmetɔwo domea?”
BSB
BSB:
The servant asked him, “What if the woman is unwilling to follow me to this land? Shall I then take your son back to the land from which you came?”
6
EWE
Abraham ɖo eŋu be, “Gbeɖe! Kpɔ nyuie be màwɔ nenema gbeɖe o,
BSB
BSB:
Abraham replied, “Make sure that you do not take my son back there.
7
EWE
elabena Yehowa, Mawu si le dziƒo la gblɔ nam be magblẽ anyigba ma kple ƒonyemetɔwo ɖi, eye wòdo ŋugbe nam be yeatsɔ anyigba sia na nye kple nye dzidzimeviwo. Ana mawudɔla aɖe nanɔ ŋgɔ na wò, eye wòakpɔ egbɔ be èkpɔ nyɔnuvi aɖe tso afi ma wòazu vinye srɔ̃.
BSB
BSB:
The LORD, the God of heaven, who brought me from my father’s house and my native land, who spoke to me and promised me on oath, saying, ‘To your offspring I will give this land’—He will send His angel before you so that you can take a wife for my son from there.
8
EWE
Ke ne medze edzi nenema o la, ekema atam sia megabla wò o, gake mègakplɔ vinye yi be, wòatsi afi ma gbeɖegbeɖe o.”
BSB
BSB:
And if the woman is unwilling to follow you, then you are released from this oath of mine. Only do not take my son back there.”
9
EWE
Ale aƒedzikpɔla la tsɔ eƒe asiwo de Abraham ƒe ata te, eye wòka atam be yeawɔ eƒe ɖoɖowo dzi.
BSB
BSB:
So the servant placed his hand under the thigh of his master Abraham and swore an oath to him concerning this matter.
10
EWE
Ekplɔ Abraham ƒe kposɔ ewo ɖe asi, eye wòdo agba na wo kple nu nyui siwo katã le eƒe aƒetɔ si la ƒe ɖe. Ezɔ mɔ yi Aram Naharaim, eye wòyi Nahor ƒe du me.
BSB
BSB:
Then the servant took ten of his master’s camels and departed with all manner of good things from his master in hand. And he set out for Nahor’s hometown in Aram-naharaim.
11
EWE
Ena kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe dua godo le vudo aɖe to. Esi ɣe trɔ la, dua me nyɔnuwo va nɔ tsi kum.
BSB
BSB:
As evening approached, he made the camels kneel down near the well outside the town at the time when the women went out to draw water.
12
EWE
Aƒedzikpɔla la do gbe ɖa be, “O, Yehowa, nye aƒetɔ ƒe Mawu, kpɔ nublanui na nye aƒetɔ Abraham, eye nàna be nye asi nasu nu si ta meva afi sia ɖo la dzi.
BSB
BSB:
“O LORD, God of my master Abraham,” he prayed, “please grant me success today, and show kindness to my master Abraham.
13
EWE
Kpɔm ɖa, mele tsitre ɖe vudo sia to, ɖetugbiwo tso dua me va le tsi kum.
BSB
BSB:
Here I am, standing beside the spring, and the daughters of the townspeople are coming out to draw water.
14
EWE
Nu si mebia wò lae nye ɖetugbi si mabia be wòana tsim, eye wòagblɔ be, ‘Yoo, mana tsi wò kple wò kposɔwo siaa’ la, na be eya tututu nanye nyɔnu si wò ŋutɔ nètia be wòanye Isak srɔ̃. To esia me madze sii le be ève nye aƒetɔ nu.”
BSB
BSB:
Now may it happen that the girl to whom I say, ‘Please let down your jar that I may drink,’ and who responds, ‘Drink, and I will water your camels as well’—let her be the one You have appointed for Your servant Isaac. By this I will know that You have shown kindness to my master.”
15
EWE
Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor.
BSB
BSB:
Before the servant had finished praying, Rebekah came out with her jar on her shoulder. She was the daughter of Bethuel son of Milcah, the wife of Abraham’s brother Nahor.
16
EWE
Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ. Menya ŋutsu haɖe o. Eva tsikuƒe la, ku tsi ɖe eƒe tsikuze me, eye wògado go.
BSB
BSB:
Now the girl was very beautiful, a virgin who had not had relations with any man. She went down to the spring, filled her jar, and came up again.
17
EWE
Aƒedzikpɔla la ɖe abla te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem tso wò tsikuze la me mano.”
BSB
BSB:
So the servant ran to meet her and said, “Please let me have a little water from your jar.”
18
EWE
Ɖetugbi la ɖo eŋu be, “Mana tsi wò faa, nye aƒetɔ.” Eku tsi na aƒedzikpɔla la enumake,
BSB
BSB:
“Drink, my lord,” she replied, and she quickly lowered her jar to her hands and gave him a drink.
19
EWE
eye wògblɔ be, “Mana wò kposɔwo hã va se ɖe esime woaɖi kɔ!”
BSB
BSB:
After she had given him a drink, she said, “I will also draw water for your camels, until they have had enough to drink.”
20
EWE
Ale Rebeka ku tsi kɔ ɖe lãwo ƒe tsinonu me. Egatrɔ yi ɖaku tsi le vudoa me zi geɖe va se ɖe esime kposɔawo no tsi wòsu wo.
BSB
BSB:
And she quickly emptied her jar into the trough and ran back to the well to draw water, until she had drawn water for all his camels.
21
EWE
Aƒedzikpɔla la megagblɔ nya aɖeke o, ke boŋ eda ŋku ɖi be yeakpɔ be Yehowa wɔ ɖe nu siwo katã yebiae la dzi mahã.
BSB
BSB:
Meanwhile, the man watched her silently to see whether or not the LORD had made his journey a success.
22
EWE
Esi kposɔawo no tsi heɖi kɔ vɔ la, etsɔ sikatogɛ kple sikalɔnugɛ na Rebeka.
BSB
BSB:
And after the camels had finished drinking, he took out a gold ring weighing a beka, and two gold bracelets for her wrists weighing ten shekels.
23
EWE
Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?”
BSB
BSB:
“Whose daughter are you?” he asked. “Please tell me, is there room in your father’s house for us to spend the night?”
24
EWE
Eɖo eŋu be, “Fofonyee nye Betuel si nye Milka si nye Nahor srɔ̃ la ƒe vi.
BSB
BSB:
She replied, “I am the daughter of Bethuel, the son that Milcah bore to Nahor.”
25
EWE
Ɛ̃, nuɖuɖu le mía si sɔ gbɔ na kposɔawo, eye amedzrodzeƒe hã li.”
BSB
BSB:
Then she added, “We have plenty of straw and feed, as well as a place for you to spend the night.”
26
EWE
Aƒedzikpɔla la tsi tsitre ɖe afi ma sẽe, de ta agu, eye wòkafu Yehowa gblɔ be,
BSB
BSB:
Then the man bowed down and worshiped the LORD,
27
EWE
“Yehowa Mawu, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, meda akpe na wò be nève nye aƒetɔ nu, eye nèwɔ wò ŋugbedodo dzi nɛ be nèkplɔm tẽe va do ɖe nye aƒetɔ ƒe ƒometɔwo dome.”
BSB
BSB:
saying, “Blessed be the LORD, the God of my master Abraham, who has not withheld His kindness and faithfulness from my master. As for me, the LORD has led me on the journey to the house of my master’s relatives.”
28
EWE
Ɖetugbi la ƒu du yi aƒe me be yeaka nya la ta na yeƒe amewo.
BSB
BSB:
The girl ran and told her mother’s household about these things.
29
EWE
Nɔviŋutsu aɖe nɔ Rebeka si. Eŋkɔe nye Laban.
BSB
BSB:
Now Rebekah had a brother named Laban, and he rushed out to the man at the spring.
30
EWE
Esi wòkpɔ togɛ la kple alɔnugɛ la le nɔvia nyɔnu ƒe abɔ, eye wòse Rebeka ƒe ɖaseɖiɖi tso nya si ŋutsu la gblɔ nɛ ŋuti ko la, eɖe abla yi ŋutsu la gbɔ le tsikuƒe la. Ekpɔe wòtsi tsitre ɖe kposɔawo gbɔ.
BSB
BSB:
As soon as he saw the ring, and the bracelets on his sister’s wrists, and heard Rebekah’s words, “The man said this to me,” he went and found the man standing by the camels near the spring.
31
EWE
Egblɔ na ŋutsu la be, “Va, wò ame si Yehowa yra. Nu ka ta nèle tsitre ɖe afi sia ɖo? Medzra teƒe ɖo ɖe aƒea me na wò kple wò kposɔawo.”
BSB
BSB:
“Come, you who are blessed by the LORD,” said Laban. “Why are you standing out here? I have prepared the house and a place for the camels.”
32
EWE
Ale aƒedzikpɔla la dze Laban yome yi aƒe me, eye woɖe agba na kposɔawo. Laban na gbe ƒuƒu aƒedzikpɔla la be wòana kposɔawo. Emegbe la, ena tsi aƒedzikpɔla la kple ŋutsu siwo kplɔe ɖo la be woaklɔ afɔ.
BSB
BSB:
So the man came to the house, and the camels were unloaded. Straw and feed were brought to the camels, and water to wash his feet and the feet of his companions.
33
EWE
Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.” Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.”
BSB
BSB:
Then a meal was set before the man, but he said, “I will not eat until I have told you what I came to say.” So Laban said, “Please speak.”
34
EWE
Egblɔ be, “Abraham ƒe subɔlae menye.
BSB
BSB:
“I am Abraham’s servant,” he replied.
35
EWE
Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe.
BSB
BSB:
“The LORD has greatly blessed my master, and he has become rich. He has given him sheep and cattle, silver and gold, menservants and maidservants, camels and donkeys.
36
EWE
Azɔ esi nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, tsi ŋutɔ la, edzi viŋutsu na nye aƒetɔ, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe nu sia nu nɛ.
BSB
BSB:
My master’s wife Sarah has borne him a son in her old age, and my master has given him everything he owns.
37
EWE
Nye aƒetɔ na medo ŋugbe nɛ heka atam ɖe nya si wògblɔ nam dzi be, ‘Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o,
BSB
BSB:
My master made me swear an oath and said, ‘You shall not take a wife for my son from the daughters of the Canaanites in whose land I dwell,
38
EWE
ke boŋ yi nye ƒometɔwo gbɔ le teƒe bubu, eye nàkplɔ ɖetugbi aɖe tso afi ma vɛ na vinye wòaɖe.’
BSB
BSB:
but you shall go to my father’s house and to my kindred to take a wife for my son.’
39
EWE
“Mebia nye aƒetɔ hã be, ‘Ke ne nyemekpɔ ɖetugbi si alɔ̃ be yeava o ɖe?’
BSB
BSB:
Then I asked my master, ‘What if the woman will not come back with me?’
40
EWE
“Eɖo eŋu nam be, ‘Ɖetugbi la alɔ̃ be yeava, elabena Yehowa, ame si ŋkume mezɔ le la ana eƒe dɔla nazɔ kple wò, eye wòana nu si ta nèyi la naka asiwò. Ɛ̃, di ɖetugbi aɖe tso nye amewo dome, tso nɔvinyeŋutsua ƒe aƒemetɔwo dome.
BSB
BSB:
And he told me, ‘The LORD, before whom I have walked, will send His angel with you and make your journey a success, so that you may take a wife for my son from my kindred and from my father’s house.
41
EWE
Le wò atamkaka ta la, ele na wò be nàyi aɖabia. Ne womaɖo ame aɖeke ɖa o la, ekema èvo tso wò atamkaka la me.’
BSB
BSB:
And when you go to my kindred, if they refuse to give her to you, then you will be released from my oath.’
42
EWE
“Ɣetrɔ sia, esi meva ɖo vudo la to la, medo gbe ɖa be, ‘O, Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, ne èdi be nye asi naka nu si ta meva afi sia ɖo la, meɖe kuku, kplɔm ale.
BSB
BSB:
So when I came to the spring today, I prayed: O LORD, God of my master Abraham, if only You would make my journey a success!
43
EWE
Mele afi sia, le vudo sia to. Magblɔ na ɖetugbi aɖe si ava tsi ku ge la be, “Meɖe kuku, na tsim mano,”
BSB
BSB:
Here I am, standing beside this spring. Now if a maiden comes out to draw water and I say to her, ‘Please let me drink a little water from your jar,’
44
EWE
eye wòaɖo eŋu nam be, “Mana tsi wò faa, eye mana tsi wò kposɔawo hã!” Na ɖetugbi ma nanye esi wò Yehowa, nètia be wòanye nye aƒetɔ ƒe vi srɔ̃.’
BSB
BSB:
and she replies, ‘Drink, and I will draw water for your camels as well,’ may she be the woman the LORD has appointed for my master’s son.
45
EWE
“Esi menɔ nya siawo gblɔm la, Rebeka gbɔna ɖaa, tsikuze nɔ abɔta nɛ. Eyi ɖaku tsi le vudo la me ɖe tsikuze la me. Megblɔ nɛ be, ‘Meɖe kuku, na tsim mano.’
BSB
BSB:
And before I had finished praying in my heart, there was Rebekah coming out with her jar on her shoulder, and she went down to the spring and drew water. So I said to her, ‘Please give me a drink.’
46
EWE
“Eɖiɖi tsikuze la ɖe anyi enumake be manoe, eye wògblɔ be. ‘Amegã, mana tsi wò kposɔwo hã!’ Ke menoe, eye wòna nye kposɔwo hã.
BSB
BSB:
She quickly lowered her jar from her shoulder and said, ‘Drink, and I will water your camels as well.’ So I drank, and she also watered the camels.
47
EWE
“Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’ “Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’ “Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ.
BSB
BSB:
Then I asked her, ‘Whose daughter are you?’ She replied, ‘The daughter of Bethuel son of Nahor, whom Milcah bore to him.’ So I put the ring on her nose and the bracelets on her wrists.
48
EWE
Emegbe la, mede ta agu, eye mekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la, elabena ekplɔm to mɔ nyuitɔ dzi be meke ɖe ɖetugbi aɖe ŋu tso nye aƒetɔ nɔviŋutsu ƒe vinyɔnuwo dome,
BSB
BSB:
Then I bowed down and worshiped the LORD; and I blessed the LORD, the God of my master Abraham, who led me on the right road to take the granddaughter of my master’s brother for his son.
49
EWE
eya ta migblɔ nu si dzi mieɖo kpee la nam. Ɖe miave nye aƒetɔ nu loo alo miave enu awɔ nu si dze la oa? Ne mieɖo eŋu nam la, ekema manya afɔ si magaɖe, ato miame loo alo ɖusime.”
BSB
BSB:
Now if you will show kindness and faithfulness to my master, tell me; but if not, let me know, so that I may go elsewhere.”
50
EWE
Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o.
BSB
BSB:
Laban and Bethuel answered, “This is from the LORD; we have no choice in the matter.
51
EWE
Kplɔe yi, eye wòazu wò aƒetɔ ƒe vi srɔ̃ abe ale si Yehowa gblɔe ene.”
BSB
BSB:
Rebekah is here before you. Take her and go, and let her become the wife of your master’s son, just as the LORD has decreed.”
52
EWE
Le ŋuɖoɖo sia ta la, Abraham ƒe aƒedzikpɔla dze klo ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe.
BSB
BSB:
When Abraham’s servant heard their words, he bowed down to the ground before the LORD.
53
EWE
Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã.
BSB
BSB:
Then he brought out jewels of silver and gold, and articles of clothing, and he gave them to Rebekah. He also gave precious gifts to her brother and her mother.
54
EWE
Emegbe la, woɖu nu, no nu dzidzɔtɔe eye Abraham ƒe aƒedzikpɔla la kple eƒe amewo tsi afi ma dɔ. Ke esi ŋu ke ŋdi kanya la, aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Mina matrɔ ayi nye aƒetɔ gbɔ!”
BSB
BSB:
Then he and the men with him ate and drank and spent the night there. When they got up the next morning, he said, “Send me on my way to my master.”
55
EWE
Rebeka dada kple nɔvia gblɔ be, “Míedi be Rebeka naganɔ mía gbɔ ŋkeke ewo lɔƒo teti, ekema ate ŋu ayi.”
BSB
BSB:
But her brother and mother said, “Let the girl remain with us ten days or so. After that, she may go.”
56
EWE
Ke aƒedzikpɔla la ɖe kuku be, “Migaxe mɔ na nye tɔtrɔ o. Yehowa ŋutɔ na nu si ta meva la dze edzi nam, eye medi be mayi aɖana akɔnta nye aƒetɔ.”
BSB
BSB:
But he replied, “Do not delay me, since the LORD has made my journey a success. Send me on my way so that I may go to my master.”
57
EWE
Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.”
BSB
BSB:
So they said, “We will call the girl and ask her opinion.”
58
EWE
Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?” Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.”
BSB
BSB:
They called Rebekah and asked her, “Will you go with this man?” “I will go,” she replied.
59
EWE
Ale wodo hedenyui nɛ, eye woɖe nyɔnu si kpɔ edzi tso ɖevime la kpe ɖe eŋu, hekpe ɖe Abraham ƒe dɔla kple eŋumewo ŋuti.
BSB
BSB:
So they sent their sister Rebekah on her way, along with her nurse and Abraham’s servant and his men.
60
EWE
Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”
BSB
BSB:
And they blessed Rebekah and said to her, “Our sister, may you become the mother of thousands upon thousands. May your offspring possess the gates of their enemies.”
61
EWE
Ale Rebeka kple eƒe dɔlanyɔnuwo de kposɔawo dzi, eye wodzo kple Abraham ƒe aƒedzikpɔla la.
BSB
BSB:
Then Rebekah and her servant girls got ready, mounted the camels, and followed the man. So the servant took Rebekah and left.
62
EWE
Fifia Isak, ame si ƒe aƒe le Negeb la, trɔ va Ber Lahai Roi.
BSB
BSB:
Now Isaac had just returned from Beer-lahai-roi, for he was living in the Negev.
63
EWE
Gbe ɖeka fiẽ esi wònɔ tsa ɖim le gbedzi nɔ gbe dom ɖa la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa.
BSB
BSB:
Early in the evening, Isaac went out to the field to meditate, and looking up, he saw the camels approaching.
64
EWE
Rebeka kpɔe ɖa, eye wòɖi enumake le kposɔ la dzi.
BSB
BSB:
And when Rebekah looked up and saw Isaac, she got down from her camel
65
EWE
Rebeka bia aƒedzikpɔla la be, “Ame kae ma le zɔzɔm le gbedzi gbɔna mía kpe ge?” Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ ƒe viŋutsue!” Ale Rebeka tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo.
BSB
BSB:
and asked the servant, “Who is that man in the field coming to meet us?” “It is my master,” the servant answered. So she took her veil and covered herself.
66
EWE
Tete aƒedzikpɔla la gblɔ ŋutinya blibo la na Isak.
BSB
BSB:
Then the servant told Isaac all that he had done.
67
EWE
Isak kplɔ Rebeka de dadaa ƒe agbadɔ me, eye wòzu srɔ̃a. Isak lɔ̃ srɔ̃a ŋutɔ, eye Rebeka zu akɔfafa tɔxɛ nɛ le dadaa ƒe ku megbe.
BSB
BSB:
And Isaac brought her into the tent of his mother Sarah and took Rebekah as his wife. And Isaac loved her and was comforted after his mother’s death.
Chapter complete
You’ve read Genesis 24
Chapter 24 of 50 in Genesis
Up next
Genesis 25
Read Genesis 25
Listen
Back to Genesis 23
Go deeper
Commentary
What the commentators say on Genesis 24
Ask Study Help
Ask anything about Genesis 24
EWE
Éwé Bible. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.. Licensed under CC BY-SA 4.0 (creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0). Text from eBible.org; verses renumbered to the KJV scheme where they differ, otherwise unchanged.
BSB
The Holy Bible, Berean Standard Bible, BSB. Dedicated to the public domain. BereanBible.com
Genesis 23
Genesis 24
Genesis 25