Opened
By The Kingdom Tribe (TKT).
Built by Paruto.
v1.37.4
Skip to content
Opened
Today
Ask
Read
Journey
More
Zech
Zechariah
7
EWE
BSB
A
a
Zechariah 7
7
Zechariah
Fasting and true justice
Éwé Bible
Zechariah
, person
Jerusalem
, place
Bethel
, place
Negeb
, place
Shephelah
, place
Darius
, person
Regem-melech
, person
Sharezer
, person
Éwé Bible
Berean Standard Bible
1
EWE
Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria.
BSB
BSB:
In the fourth year of King Darius, the word of the LORD came to Zechariah on the fourth day of the ninth month, the month of Chislev.
2
EWE
Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa
BSB
BSB:
Now the people of Bethel had sent Sharezer and Regem-melech, along with their men, to plead before the LORD
3
EWE
to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, atsi nu adɔ le ɣleti atɔ̃lia me abe ale si mewɔnɛ ƒe geɖe siwo va yi la enea?”
BSB
BSB:
by asking the priests of the house of the LORD of Hosts, as well as the prophets, “Should I weep and fast in the fifth month, as I have done these many years?”
4
EWE
Tete Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbe va nam be,
BSB
BSB:
Then the word of the LORD of Hosts came to me, saying,
5
EWE
“Bia ame siwo katã le anyigba la dzi kple Osɔfoawo be, ‘Esi mietsi nu dɔ, fa avi le ɣleti atɔ̃lia kple adrelia me le ƒe blaadre siwo va yi me la, nyee mietsi nua dɔ na vavã?
BSB
BSB:
“Ask all the people of the land and the priests, ‘When you fasted and mourned in the fifth and seventh months for these seventy years, was it really for Me that you fasted?
6
EWE
Esi mienɔ nu ɖum, nɔ nu nom la, ɖe menye na miawo ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ koe oa?
BSB
BSB:
And when you were eating and drinking, were you not doing so simply for yourselves?
7
EWE
Ɖe menye nya siawoe Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la dzi, esi Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe godoo la nɔ ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ me, eye gbegbe kple ɣetoɖoƒetogbɛwo zu amenɔƒe oa?’ ”
BSB
BSB:
Are these not the words that the LORD proclaimed through the earlier prophets, when Jerusalem and its surrounding towns were populous and prosperous, and the Negev and the foothills were inhabited?’”
8
EWE
Yehowa ƒe gbe gava na Zekaria be,
BSB
BSB:
Then the word of the LORD came to Zechariah, saying,
9
EWE
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.
BSB
BSB:
“This is what the LORD of Hosts says: ‘Administer true justice. Show loving devotion and compassion to one another.
10
EWE
Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’
BSB
BSB:
Do not oppress the widow or the fatherless, the foreigner or the poor. And do not plot evil in your hearts against one another.’
11
EWE
“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.
BSB
BSB:
But they refused to pay attention and turned a stubborn shoulder; they stopped up their ears from hearing.
12
EWE
Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.
BSB
BSB:
They made their hearts like flint and would not listen to the law or to the words that the LORD of Hosts had sent by His Spirit through the earlier prophets. Therefore great anger came from the LORD of Hosts.
13
EWE
“ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
BSB
BSB:
And just as I had called and they would not listen, so when they called I would not listen, says the LORD of Hosts.
14
EWE
‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”
BSB
BSB:
But I scattered them with a whirlwind among all the nations that they had not known, and the land was left desolate behind them so that no one could come or go. Thus they turned the pleasant land into a desolation.”
Chapter complete
You’ve read Zechariah 7
Chapter 7 of 14 in Zechariah
Up next
Zechariah 8
Read Zechariah 8
Listen
Back to Zechariah 6
Go deeper
Commentary
What the commentators say on Zechariah 7
Ask Opened AI
Ask anything about Zechariah 7
EWE
Éwé Bible. Copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.. Licensed under CC BY-SA 4.0 (creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0). Text from eBible.org; verses renumbered to the KJV scheme where they differ, otherwise unchanged.
BSB
The Holy Bible, Berean Standard Bible, BSB. Dedicated to the public domain. BereanBible.com
Zechariah 6
Zechariah 7
Zechariah 8